Avu
From Wikipedia
Avuwo ( Latin ŋkɔ:Canis lupus familiaris ) wonye lãfɔne si do ƒome kple amegãxi ƒomea. Wonyi avuwo ɖe hamehame si woƒe gbɔsɔsɔ aɖo alafawo me. Le esia ta la, vovototowo sɔgbɔ ɖe woƒe atsudzɔdzɔ, ŋutilãgbalẽwo kpakple fũwo do me ŋuti. Amea ɖewo wonyina avuwo abe aƒemelã ene eye ame bubuwo hã zãa wo abe nuɖuɖu ene.
Contents |
[trɔ asi le eŋu] Xɔlɔ̃wɔwɔ kple amewo
Avuwo nye aƒemelã do ŋgɔ dome tɔa wo ɖeka. Amea ɖe wo kpɔa avuwo abe nuteƒewɔlawo ene. Wo lɔ̃na na amewo ŋutɔ eye wo lɔ̃na kɔɖiɖi kple amewo hã.
[trɔ asi le eŋu] Nunyanya
Ame geɖe wo xɔ se bena avuwo ƒe susuwo de ŋgɔ wu lã bubuwo geɖe tɔ ŋuti. Avu si Iŋglisiawo yɔna be Border Collies la eteŋu srɔ̃na sewo tso amewo gbɔ he wɔna ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Avu ƒome bubuwo hã fía woƒe nunya le alesi wo teaŋu sí na tso hɔdodowo megbe alo le alesi me wo teaŋu fina nuɖuɖu si le wo dzrom ene. Avuwo wɔna dɔ geɖewo hã. Wo kpena ɖe dɔwɔlawo si wo xɔna na ame búbúwo kple ame siwo le xaxa me la ŋuti. Wo wɔna kpovitɔwo ƒe dɔwo hã. Wo dome tɔa ɖe wo wonyo na nuwo didi, amewo didi kpakple aƒewo ŋu dzɔdzɔ. Avua ɖe wo nyona na lãwo kpɔkplɔ, ŋkugbagbatɔwo kpɔkplɔ kpakple adedada.
[trɔ asi le eŋu] Nɔnɔmea ɖe wo
Le esime avuwo do ƒome kple amegãxiwo ta la, wo bi ɖe adedada me ŋutɔ. Wo ƒe glã titri wo kple wo ƒe aɖu ɖaɖɛwo kpea ɖe wo ŋuti le lãwo léle kple wo ɖuɖu me. Wo nye dusila sesẽwo hã eye wo ɖea abla ŋutɔ, gake wo metea ŋu sia du yi didiƒe akpa o. Avuwo ƒe nukpɔkpɔ nyo ŋutɔ gake wo me te ŋu kpɔa nuwo katã ƒe amaddede nyuie o. Wo ƒe nusese hã nyo wu amegbetɔwo tɔ. Avuwo ƒe ʋeʋẽsese do ŋgɔ na amewo tɔ sia.
[trɔ asi le eŋu] Dɔwɔwɔwo
- Adedada - Avuwo bi ɖe gbemelãwo lele me.
- Akɔfafa
- Aʋawɔwɔ
- Xɔxɔ na ame - Avuwo sea ʋeʋẽ kaba ŋutɔ eyata wotea ŋu fɔa ame búbúwo le ɣaɣlaƒewo.
- Kpekpeɖeŋu nana - Kpeɖeŋutɔ na ŋkugbagbatɔwo, tokukutɔwo kple dɔlela ƒomevi vovowo.
- Kpovitɔwo ƒe kpeɖeŋutɔ - Avuwo kpea ɖe kpovitɔwo ŋu le vo geɖe me.
- Lãwo kpɔkplɔ - Wotea ŋu kplɔna alẽwo kpakple lã bubuwo tso teƒe ɖeka yia bubui.
- Nuwo didi - Woƒe nuwoʋeʋẽ nyo alegbegbe wo fɔa nuɣaɣlawo bɔbɔe eye kpovitɔwo kple asrafowo zãa wo ɖe esia ta.
- Nuwoŋu dzɔdzɔ - Avu ƒomea ɖewo dzɔa ame kple aƒe ŋu nyuie ŋutɔ.
[trɔ asi le eŋu] Ɖikeke
Amea ɖe wo nyina avuwo na ɖikeke ko. Wo wɔna ga zã tso esia me. Ɖikekeawo dome tɔa ɖe wo enye dusisi, tugbedzedze kple dɔdeasiwo wɔwɔ me ɖe se dzi.
[trɔ asi le eŋu] Nuɖuɖu
Togbɔ be avuwo nye lãɖulawo gɔ̃ hã, wo ɖuna nuɖuɖu tɔgbi desiaɖe kloe fã. Le kpɔɖeŋu me, wo ɖuna gbe abe alẽwo. Nuɖuɖu ʋe siwo me nyo na avuwo o la dometɔawo ɖe wo enye nuɖuɖu siwo me koko le, sabalawo, weintsetsewo, weintsetse ƒuƒuwo kple azi ƒomevi ʋea ɖe wo. Le ƒe 2000 me la, nusrɔla ɖe wo va dzesii be ne avuwo ɖu weintsetsewo alo weintsetse ƒuƒuwo suea ɖe ko la, ewɔna anyira le avuawo ƒe ayikuwo ŋuti.
[trɔ asi le eŋu] Vidzidzi
Avufẽwo ɖoa tsitsi me tso ƒe ɖeka yi ɣleti wuiatɔ̃ megbe. Avunɔwo ƒe asiyɔyɔ dzɔa zi eve le ƒe ɖeka me. Ne avunɔ mele asi yɔm o la, melɔ̃na dɔdɔ kple atsuawo o. Ne avunɔ fɔfu la, edzia viawo le kɔsiɖa asieke lɔƒo megbe. Zi geɖe la, wo ƒe fufɔfɔ ƒe didime dea kɔsiɖa enyi vaseɖe ewo sɔŋ. Avuwo dzia viwo abe ade lɔƒo zi ɖeka, gake woƒe gbɔsɔsɔ me eteŋu nɔa ene kple wuieve dome.
[trɔ asi le eŋu] Lamesesẽ
Avuwo lea dɔ abe amegbetɔwo ene gake woƒe dɔlele ƒomeviwo dometɔa ɖe wo to vovo na amewo tɔ. Dɔléle sia ɖe wo enye rebis. Ne avu le rebis lem la, evɔna na tsi nono. Dosuwo kple ŋɔwo hã ɖea fu na avuwo. Dɔléle bubwo si le avuwo me enye ali dɔ, klo dɔ, ŋkugbagba kple tokuku. Amegbetɔwo ƒe dɔléle aɖe wo abe suklidɔ hã ɖea fu na avuwo.
Avu geɖe wo nona agbe ƒe wuietɔ̃ yi wuiene lɔƒo ene. Avu gã wo nɔa agbe ƒe adrẽ ko gake avu sue wo nɔa agbe va ɖo ƒe bla eve sɔŋ. Avu si nɔ agbe wo didi wu le xexeame, si wo ŋlɔ daɖi enye avu si Inglisiawo yɔna be Australian cattle dog si ku le ƒe 1939 me le Amerika. Éxɔ ƒe 29 kple ŋkeke 27 sɔŋ.[1] Avua ɖe le Inglisiawo de xɔ ƒe 29 le 2007 me.[2]
[trɔ asi le eŋu] Avuwo ɖuɖu
Le xexeame ƒe dukɔa ɖe wo me la, wonyina avuwo na ɖuɖu. Yuroptɔwo kpakple Amerikatɔwo bua avuwo ɖe aƒemelãwo me ko. Vietnamtɔwo hã, wonyina avuwo na ɖuɖu kpakple aƒeme nɔnɔ katã.
[trɔ asi le eŋu] Mohamed subɔsubɔ
Mohamed ƒe subɔlawo kpɔa avuwo abe lã tsitsriwo siwo ŋuti mekɔ o.