Yesu
From Wikipedia
Yesu, amesi woga yɔna be Yesu Nazaret-tɔ la, enye ame si enye ame vevietɔwu na Kristotɔwo katã le xexeame godo. Woga yɔnae be Yesu Kristo hã. Wotsɔ Yesu ŋkɔa tso Helagbe me Ίησους (Iēsous). Yudatɔwo, si gbɔ ŋkɔ sia tso gbã la, yɔnae be יהושע (Yehoshua) alo ישוע (Yeshua). Eƒe gɔmeɖeɖe enye "YHWH enye ɖeɖe". Kristo tso Helagbe Χριστός (christós) me. Esia tso Yudagbe משיח - (machiakh) alo Mesaya, si gɔme enye "amesi wosi ami ɖe ta na".
Nusiwo míenya tso Yesu ŋuti la tso Biblia la ƒe Nyanyuiegbalẽ eneawo, si wo le Nubabla yeyea me me. Ame geɖe siwo nyaa nu le Biblia la ŋuti, xɔ edzi se bena Yesu enye Yudatɔ, si tso Galelia la. Wo ga xɔe se hã bena eyae enye nufiala, atikewɔla kple dɔyɔla, amesi Yohannes Tsitadela la de tsi ta na, eye wo hee ɖe ati ŋu le Yerusalem, le nunɔla Pontio Pilaté te. Nusrɔla ʋea ɖewo hã gblɔna bena Yesu ɖeke menɔ anyi le xexeame akpɔ o.
Kristo subɔlawo ƒe xɔse enye be Yesu enye Mesaya alo Xɔla si ƒe vava wogblɔ daɖi le Nubabla xoxoa me, eye bena éfɔ tso ku me le eƒe hehe ɖe ati ŋu megbe. Eƒe subɔlawo xɔe se be Yesu enye Mawu, vi la ŋutɔ, si va be yea na ɖeɖe amegbetɔwo, eye yea he wo va ye gbɔe. Kristotɔwo ga xɔe se bena dzetugbui ye dzii, eye eƒe agbe kple dɔwɔwɔwo katã na nyagblɔɖi siwo wogblɔ daɖi tso blema ke la, va eme. Wo ga xɔ edzi se bena Yesu ga trɔ yi dziƒo, eye wo gale tɔtrɔ ge ava anyigbaa dzi zi eveliae.
Mohameɖ subɔlawo kpɔa Yesu abe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka ene. Wo me xɔe abe Mawu ŋutɔ o. Wo me xɔ edzi se bena wo he Yesu ɖe ati ŋu eye wo ku o. Wo lɔ̃ bena Yesu yi dziƒo eye wo le mɔkpɔm be aga trɔ ava ne xexeame yɔ fũ kple eƒe nuvɔ̃wo.